Matthew 16:3 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eye le ŋdi la, miegblɔna be, ‘Egbe ahom atu, elabena akpɔ̃ ɖo, eye yame biã.’ Mienya ale si miaɖe dziƒo ƒe nɔnɔme gɔme, gake mietea ŋu dzea si ɣeyiɣiwo ƒe dzesiwo o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ŋdi la miegblɔna bena: Egbe la tsi le dzadza ge; elabena dziƒo biã, eye woxe lilii. Alakpatɔwo, miedzea si dziƒo ƒe nɔnɔme, aleke wɔ miate ŋu adze si ɣeyiɣiwo ƒe dzesiwo o mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nenema ke le ŋdi me la, miegblɔna be: ‘Dziŋgɔli biã, eye wòxe litii eya ta tsi le dzadza ge egbea.’ Mielé ŋku ɖe dziŋgɔli ŋu alea hedzea si ale si xexea me ava nɔ. Nu ka ta miete ŋu se dzesi siwo le eme vam egbegbe la gɔme o?
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
eye le ŋdi miegblɔna be, ‘Egbe ahom atu elabena akpɔ̃ ɖo eye yame biã.’ Mienyaa ale si miaɖe dziƒo ƒe nɔnɔme gɔme, gake mietea ŋu dzea si ɣeyiɣiwo ƒe dzesiwo o.