Matthew 16:8 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke Yesu ya nya nu si ŋuti bum wole ale wògblɔ na wo be, “O! Mi xɔse ʋɛ tɔwo! Nu ka ta miele nu xam be yewometsɔ nuɖuɖu ɖe asi o ɖo?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi Yesu nya eme la, egblɔ bena: Nuka miele ɖi kem le mia nɔewo dome be, mietsɔ abolo ɖe asi o mahã? Mi xɔseʋeetɔwo!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Yesu se esia la, egblɔ na wo be: “Aa, xɔseʋɛtɔwo! Nu ka ta miele gbɔgblɔm le mia ɖokuiwo dome be yewometsɔ abolo aɖeke ɖe asi o?
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke Yesu ya nya nu si ŋuti bum wole ale wògblɔ na wo bena, “O! Mi xɔse ʋeetɔwo! Nu ka ta miele nu xam be yewometsɔ nuɖuɖu ɖe asi o?