Matthew 17:20 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Elabena xɔse ʋɛ aɖe koe le mia si. Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be ne miaƒe xɔse le sue abe logoku ene hã la, miate ŋu agblɔ na to sia be, ‘Ho le teƒe sia’, eye wòaho. Naneke wɔwɔ masesẽ na mi o. [
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke egblɔ na wo bena: Le miaƒe xɔse ʋee ŋutie; elabena vava mele egblɔm na mi bena: Ne xɔse le mia si abe logoku ene la, miagblɔ na to sia bena: Te ɖa tso afisia nayi afime, eye ate ayi, eye naneke mele miaƒe ŋutete wu ge o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Elabe miaƒe xɔse mesɔ gbɔ o. Nyateƒe tututu tom mele na mi be, ne miaƒe xɔse le abe atiku suetɔ kekeake ene hã la, miate ŋu agblɔ na to sia be: ‘Ho tso afii nàyi ɖe afi mɛ ɖa!’ eye wòaho ayi. Naneke wɔwɔ maglo mi o.” [
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Elabena xɔse ʋee aɖe koe le mia si. Ne miaƒe xɔse ɖe wòle abe bliku teti ene la anye ne miate ŋu agblɔ na to sia be, ‘Ho tso afi sia’ eye wòaho ayi teƒe bubu. Nanekewɔwɔ masesẽ na mi o.