Matthew 17:25 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, enanɛ.” Ke esi Petro va ɖo aƒea me la, Yesue nye ame gbãtɔ si ƒo nu. Ebia Petro be, “Simɔn, aleke nèsusu? Ame kawo si anyigbadzifiawo xɔa adzɔga kple duga le, le dukɔmeviwo si loo alo le ame bubuwo si?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòbena: Enana! Eye esi wòva aƒe me la, Yesu tre ebiabia gblɔ bena: Simon, nuka nèsusuna? Anyigba dzi fiawo la, ameka si woxɔa adzɔ alo nudzɔdzɔ lena mahã? Le woa ŋutɔwo ƒe viwo si loo, alo le amedzrowo si mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Petro ɖo eŋu be: “Ẽ.” Esi Petro yi aƒeme la, Yesu do ŋgɔ biae be: “Simon, nu kae nye wò susu? Ame kawo tɔgbe si xexemefiawo xɔa adzɔ alo nudzɔdzɔ le? Deviwo si woxɔnɛ le loo, alo amedzrowo si yea?”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eɖo eŋu na wo bena, “Ẽ, enanɛ,” Ke esi Petro va ɖo aƒea me la, Yesue nye ame gbãtɔ si ƒo nu. Ebia Petro be, “Simon, ale ke nèsusu? Ame kawo sie anyigbadzifiawo xɔa adzɔga kple duga le, le dukɔmeviwo si loo, alo le ame bubuwo si?”