Matthew 18:28 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ke esi dɔla sia do go yina la, edo go ehavi dɔla bubu, ame si nyi sidi alafa aɖewo ko ƒe fe le esi. Eti kpo dze edzi helé awu ɖe vɛ nɛ, eye wòbia tso esi be, ‘Xe fe si nènyi le asinye la nam!’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi nenem dɔla ma do go la, ekpɔ eƒe hadɔtsɔlawo dometɔ ɖeka, si nyi denario alafa le esi, eye wòlée, lé ve nɛ gblɔ bena: Ɖo nusi nènyi la teƒe!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke esi dɔla sia do go dzo la, eyi ɖatu ehati, subɔla bubu si nyi klosaloga alafa ɖeka ƒe fe le eŋu. Elée, lé ve nɛ sesĩe gblɔ nɛ be: ‘Xe fe si nènyi le ŋunye la nam!’
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke esi dɔla sia do go yina la, edo go ehavi dɔla bubu, ame si nyi sidi alafa aɖewo ko ƒe fe le esi. Eti kpo dze edzi helé awu ɖe vɛ nɛ eye wòbia tso esi be, ‘Xe fe si nènyi le asinye la nam!’