Matthew 19:12 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
elabena wodzi ame aɖewo wonye ame tatawo tso dzɔdzɔme; ame bubuwo la, ame aɖewoe wɔ wo wozu nenema be womaɖe srɔ̃ o. Ke ame aɖewo gbea srɔ̃ɖeɖe le dziƒofiaɖuƒe la ta. Ame si lɔ̃ la, nexɔ nye nyawo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ame tataa ɖewo li, siwo wodzi wo nenema tso keke wo dada ƒe dɔ me ke; eye ame tataa ɖewo li, siwo amewo la wo; eye ame tataa ɖewo li, siwo ta wo ɖokui le dziƒofiaɖuƒe la ŋuti. Amesi ke ate ŋu ase eme la, nesee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe ame tata aɖewo li siwo wodzi nenema; ame tata bubu aɖewo hã li siwo wota, eye bubuwo hã gali ame siwo ŋutɔ ta wo ɖokuiwo ɖe dziƒofiaɖuƒea ta. Ame si ate ŋu axɔ nufiafia sia la, nexɔe.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Elabena wodzi ame aɖewo wonye ame tatawo tso dzɔdzɔme, ame bubuwo la ame aɖewoe wɔ wo wozu nenema be womaɖe srɔ̃ o. Ke ame aɖewo gbea srɔ̃ɖeɖe le dziƒofiaɖuƒe la ta. Ame si lɔ̃ la, nexɔ nye nyawo.”