Matthew 19:17 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu gblɔ nɛ be, “Ne èyɔm be Aƒetɔ nyui la, ekema Mawue nye ema yɔm nèle, elabena ame ɖeka koe li woayɔ be ame nyui, eye ame siae nye Mawu. Le wò biabia la ŋuti la, mele egblɔm na wò be àte ŋu ayi dziƒo nenye be èwɔ ɖe Mawu ƒe seawo dzi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ nɛ bena: Nuka nèle biayem le nyuie ŋuti mahã? Amea ɖeke mele nyuie o negbe Mawu ɖeka ko; ke ne èle didim bena, yeayi ɖe agbe la me la, lé seawo me ɖe asi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Nu ka ta nèle nya biamem tso nu nyui ŋuti? Ame ɖeka pɛ koe nye ame nyui. Ke ne èdi be yeayi ɖe agbe la me la, lé seawo me ɖe asi.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu gblɔ nɛ be, “Ne èyɔm be Aƒetɔ nyui la ekema Mawue ma yɔm nèle, elabena ame ɖeka koe li esi woayɔ be ame nyui eye ame siae nye Mawu. Le wò biabia la ŋuti la mele egblɔm na wò be ate ŋu ayi dziƒo nenye be èwɔ ɖe Mawu ƒe seawo dzi.”