Matthew 19:21 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu gblɔ nɛ be, “Ne èdi be yeazu ame dzɔdzɔe blibo la, yi nàdzra nu sia nu si le asiwò la, eye nàtsɔ ga la na ame dahewo, ekema kesinɔnuwo anɔ dziƒo na wò. Ne èwɔ esia vɔ la, va nàdze yonyeme.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yesu gblɔ nɛ bena: Ne èle didim be, yeazu blibo la, heyi ɖadzra nusiwo le asiwò la, ne natsɔ wo ana ame dahewo, ekema kesinɔnu anɔ dziƒo na wò, eye nava anɔ yonyeme.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu gblɔ nɛ be: “Ne èdi be yeade blibo la, trɔ yi nàdzra nu siwo katã le asiwò la, eye nàtsɔ ga la ana ame dahewo. Ne èwɔ esia la, kesinɔnu anɔ asiwò le dziƒo, eye nàtrɔ ava nɔ yonyeme.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu gblɔ nɛ bena, “Ne èdi be yeazu ame dzɔdzɔe blibo la, yi nãdzra nu sia nu si le asiwò la, eye nãtsɔ ga la na ame dahewo, ekema kesinɔnuwo anɔ dziƒo na wò. Ne èwɔ esia vɔ la, va nãdze yonyeme.”