Matthew 19:26 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu kpɔ wo dũu, eye wògblɔ be, “Esia mele bɔbɔe le amegbetɔwo gome o, ke naneke mesesẽna na Mawu ya o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yesu le wo kpɔm du gblɔ na wo bena: Amegbetɔwo gbɔ la womate ŋu awɔ esia o; ke Mawu gbɔ la woate ŋu awɔ nusianu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu kpɔ wo dũu, eye wògblɔ na wo be: “Le amegbetɔwo gome la, womate ŋu awɔ esia o, ke Mawu ya te ŋu wɔa nu sia nu.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu kpɔ wo dũ eye wògblɔ bena, “Esia mele bɔbɔe le amegbetɔwo gome o, ke naneke mesesẽna na Mawu ya o.”