Matthew 19:28 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Vavã mele egblɔm be, nenye be Nye, Amegbetɔ Vi la, menɔ anyi ɖe nye fiazikpui dzi le nye fiaɖuƒe me le ŋutikɔkɔe gã me la, ekema miawo hã mianɔ fiazikpui wuieve dzi, adrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe to wuieveawo,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yesu gblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena, mi amesiwo dze yonyeme la, le nuwo ƒe gbugbɔgadzi me la, gbesigbe ke Amegbetɔvi la abɔbɔ na eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi la, miawo hã miabɔbɔ nɔ zikpui wuieve dzi, eye míadrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒome wuieveawo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu gblɔ na wo be: “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, ne Amegbetɔ Vi la bɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔefiazikpuia dzi, le xexe yeyea me la, mi ame siwo dze yonyeme la, miawo hã mianɔ fiazikpui wui eve dzi ahadrɔ̃ ʋɔnu Israel-ƒome wui eveawo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nenye be Nye, Amegbetɔ Vi la, menɔ anyi ɖe nye fiazikpui dzi le nye fiaɖuƒe me le ŋutikɔkɔe gã me la, ekema miawo hã mianɔ fiazikpui wuieve dzi adrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe to wuieveawo.