Matthew 19:8 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mose ɖe mɔ na mi be miagbe mia srɔ̃wo, elabena miaƒe dzi me sẽ, gake menɔ alea le gɔmedzedzea me o,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Egblɔ na wo bena: Le miaƒe dzimesesẽ ŋutie Mose na mɔ mi bena, miaɖe asi le mia srɔ̃wo ŋuti ɖo; gake tso gɔmedzedzea me ke la mele nenema o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Miaƒe tosesẽ tae Mose ɖe mɔ na mi be miagbe mia srɔ̃wo ɖo, ke le gɔmedzedzea me la, menɔ nenema o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mose ɖe mɔ na mi be miagbe mia srɔ̃wo elabena miaƒe dzime sẽ, gake menɔ alea le gɔmedzedzea me o.