Matthew 2:11 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi woge ɖe aƒea me la, wokpɔ ɖevi la kple dadaa Maria, eye woyi ɖadze klo ɖe egbɔ enumake hede ta agu nɛ. Woʋu nu le woƒe nunanawo nu, eye wotsɔ sika, kotoklobo kple lifi nɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi woyi ɖe aƒea me la, wokpɔ ɖevi la kple dadaa Maria; tete wodze klo de ta agu nɛ, eye woʋu woƒe nuwo nu hetsɔ nunanawo, sika, kotoklobo kple lili nɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woge ɖe aƒea me, eye esi wokpɔ ɖevia kple nɔa Maria la, wodze klo hesubɔe. Woʋu woƒe kesinɔnuwo nu, eye wotsɔ nunana siwo nye sika, kotoklobo kple lifi la nɛ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Woge ɖe aƒe si me Maria kple ɖevia nɔ me eye woyi ɖadze klo ɖe egbɔ enumake hede ta agu nɛ. Woʋu nu le woƒe nunanawo nu, eye wotsɔ sika, kotoklobo kple lifi nɛ.