Matthew 2:13 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi ɣletivimenunyalawo dzo vɔ la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe. Egblɔ nɛ be, “Tso kpla nàkplɔ ɖevi la kple dadaa, eye nàsi ayi Egipte, eye nànɔ afi ma va se ɖe esime magblɔe na wò, elabena Fia Herod le ɖevi la di ge be yeawu.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi wodzo yi la, kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe gblɔ bena: „Fɔ, natsɔ ɖevi la kple dadaa, eye nasi ayi Egipte, eye nanɔ afima, vaseɖe esime magblɔe na wò: elabena Herodes le ɖevi la dim be, yeawu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi nunyalaawo dzo yi vɔ la, Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe, eye wògblɔ nɛ be: “Fɔ nàkplɔ ɖevia kple nɔa, ne miasí ayi Egipte, elabe Herodes le ɖevia di ge be yeawu. Minɔ afi ma va se ɖe esime magblɔe na wò.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi ɣletivimenunyalawo dzo vɔ la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe. Egblɔ nɛ bena, “Tso kpla ne nãsi kple ɖevia kpakple dadaa ayi Egipte, eye nãnɔ afi ma va se ɖe esime magblɔ na wò be nãtrɔ gbɔ. Elabena Fia Herodes le nu sia nu si wòate ŋui la wɔ ge bena yeawu ɖevia.”