Matthew 2:7 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esia megbe la, Herod dɔ ame ɖo ɖe ɣletivimenunyala siawo dzaa, eye wòbia wo be woagblɔ ɣeyiɣi si tututu wokpɔ ɣletivi la zi gbãtɔ la na ye, eye wogblɔe nɛ. Ale wòdɔ wo kple gbedeasi sia be,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete la Herodes yɔ nunyalawo yi ɖe adzame, eye wòbia ɣeyiɣi, si dzi ɣletivi la do la wo tsitotsito.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esia megbe la, Herodes yɔ nunyalaawo ɖeɖe dzaa, eye wòbia ɣeyiɣi si tututu ɣletivi la do wokpɔ la wo tsitotsito.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le esia megbe la, Herodes dɔ ame ɖo ɖe ɣletivimenunyala siawo dzaa bena woava kpɔ ye. Esi wova la ebia wo be woagblɔ ɣeyiɣi si tututu wokpɔ ɣletivi la zi gbãtɔ la na ye eye wogblɔe nɛ. Ale wòdɔ wo kple gbedeasi sia bena,