Matthew 20:2 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eƒo asi kple apaɖilawo, eye wolɔ̃ be wòaxe sidi wuieve na ame sia ame ŋkeke ɖeka. Ale dɔwɔlawo yi waingble la me ɖadze dɔa gɔme.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi eya kple dɔwɔlawo nyi denario ɖeka ƒe asi ɖe ŋkeke ɖeka dzi la, edo wo de eƒe weinbɔ la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woƒo asi le dɔa ŋu, eye agbletɔa lɔ̃ be yeaxe klosaloga si nye ŋkeke ɖeka ƒe fetu la na wo, eye wòɖo wo ɖe waingblea me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eƒo asi kple apaɖilaawo eye wolɔ̃ bena wòaxe sidi wuieve na ame sia ame ŋkeke ɖeka. Ale dɔwɔlawo yi ɖadze dɔa gɔme.