Matthew 20:4 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ekplɔ woawo hã yi eƒe agble la me, eye wòdo ŋugbe na wo be yeaxe ga home si dze la na wo ne ŋkeke la wu nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye wògblɔ na wo bena: Miawo hã miheyi ɖe weinbɔ la me, eye nusi ke anyo la, mana mi. Eye woyi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egblɔ na wo be: ‘Miawo hã miheyi ɖe waingblea me, eye maxe fe si dze la na mi.’ Ale woawo hã woyi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ekplɔ woawo hã yi eƒe agblea me, eye wòdo ŋugbe na wo bena yeaxe ga home si dze la na wo ne ŋkekea wu nu.