Matthew 22:16 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wodɔ woƒe nusrɔ̃la aɖewo kpe ɖe Herod dunyahelawo ŋu, eye wobiae be, “Nufiala, míenyae be ame si de blibo lae nènye, eye nèfiaa Mawu ƒe mɔ le nyateƒe la nu. Amewo ƒe nyagbɔgblɔ meblea nuwò o, elabena mètsɔa ɖeke le nu si wonye la me o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wodɔ woƒe nusrɔ̃lawo kple Herodiahawo ɖo ɖe legba gblɔ bena: Nufiala, míenye bena, nyateƒetɔ nènye, eye nèle Mawu ƒe mɔ fiãm le nyateƒe me, eye amea ɖeke ƒe nya meɖia wò o: elabena mèkpɔa amewo ƒe ŋku me o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wodɔ woƒe nusrɔ̃la aɖewo kple Herodes-habɔbɔmenɔlawo dometɔ aɖewo ɖo ɖe egbɔ gblɔ be: “Nufiala, míenya be nyateƒetɔ nènye, eye nèle Mawu ƒe mɔa fiam le nyateƒe me. Mètsɔa ɖeke le nu si amewo gblɔna la me o elabe mèkpɔa ame ŋkume o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Wodɔ woƒe nusrɔ̃la aɖewo kpe ɖe Herodia dunyahelawo ŋu eye wobiae be, “Nufiala, míenyae be ame si de blibo lae nènye, eye nefiaa Mawu ƒe mɔ le nyateƒe la nu. Amewo ƒe nyagbɔgblɔ meblea nuwò o elabena mètsɔa ɖeke le nu si wonye la me o.