Matthew 22:43 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu gabia wo be, “Ne enye David ƒe vi ɖe, nu ka ta esi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va David dzi wònɔ nu ƒom la, wòyɔ Kristo la be ‘Aƒetɔ’ ɖo? Miakpɔe le mawunya me be David gblɔ be,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Egblɔ na wo bena: Aleke gɔ̃ wo Dawid yɔe le gbɔgbɔ me be Aƒetɔ, esi wògblɔ bena:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu bia be: “Ke ale ke wɔ gbɔgbɔ la na David yɔe be: ‘Aƒetɔ’? Egblɔ be:
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu gabia wo bena, “Ne enye David vi la, nu ka ta esi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va David dzi wònɔ nu ƒom la, eyɔ Mesia la be ‘Aƒetɔ’ ɖo? Miakpɔe le mawunya me be, David gblɔ bena