Matthew 23:5 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Nu sia nu si wowɔna la, ɖe wowɔnɛ ko be yewoadze abe ame nyuiwo ene le gota. Woƒe mawunya kpukpui, ŋkuɖodzinu siwo wosana ɖe ŋgonu kple abɔ la kekena wua ame sia ame tɔ, eye wowɔa woƒe awutogbowo wololona be amewo nakpɔ be yewonye ame kɔkɔewo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wowɔa woƒe nuwo katã, bena amewo nakpɔ wo; elabena wowɔa woƒe ŋkuɖodzinuwo wokekena, eye wowɔa woƒe awutogbowo wololona;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wowɔa nu sia nu be amewo nakpɔ ko. Woƒe ŋkuɖodzinuwo keke, eye wowɔa adza didiwo ɖe woƒe awu ʋlayawo to.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
” Nu sia nu si wowɔna la, ɖe wowɔnɛ ko be yewoadze abe ame nyuiwo ene le gota. Woƒe mawunya kpukpui, ŋkuɖodzinu siwo wosana ɖe ŋgonu kple abɔ la kekena wua ame sia ame tɔ eye wodea dzesi tɔxɛ woƒe awuʋlayawo to be amewo nakpɔ be yewo nye ame kɔkɔewo.