Matthew 24:14 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la, woagblɔ fiaɖuƒe la ƒe nyanyui sia le xexea me katã abe ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã ene, ekema nuwuwu la ava.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye woaɖe gbe ƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒea ƒe Nyanyui la ƒe ŋutinya le xexea me ƒe akpa sia akpa be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã. Esia megbe la, nuwuwu la aɖo azɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Azɔ la, woagblɔ fiaɖuƒe la ƒe nyanyui sia le xexeame katã abe ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã ene, ekema nuwuwua ava. ”