Matthew 24:23 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nenye be ame aɖe agblɔ na mi be, ‘Kristo la va ɖo,’ eye wòle afii alo afi mɛ alo ‘wokpɔe le afi aɖe la,’ migaxɔe se o,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ekema ne amea ɖe agblɔ na mi bena: Kpɔ ɖa, Kristo la le afii, alo ele afii la, migaxɔe se o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Azɔ ne ame aɖe agblɔ na mi be: ‘Miva kpɔ ɖa, Kristo la le afii!’ alo ‘Ele afi mɛ ɖa!’ la, migaxɔe se o,
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
” Nenye be ame aɖe agblɔ na mi be, ‘Mesia la va ɖo eye wòle afii alo afi mɛ alo wokpɔe le afi aɖe la, migaxɔe se o.