Matthew 26:36 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke Yesu kplɔ eƒe nusrɔ̃lawo yi ɖe abɔ aɖe si woyɔna be Getsemane la me, eye wògblɔ na wo be woanɔ anyi alala ye vie. Esi wonɔ elalam la, ezɔ yi ŋgɔ vie be yeado gbe ɖa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete woa kple Yesu wova teƒea ɖe, si woyɔna be Getsemane, eye wògblɔ na nusrɔ̃lawo bena: Mibɔbɔ nɔ afisia, vaseɖe esime mayi aɖado gbe ɖa le afime.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo yi ɖe teƒe aɖe, si woyɔna be Getsemane. Egblɔ na wo be: “Mibɔbɔ nɔ afii ne maɖado gbe ɖa le afi mɛ ɖa.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke Yesu kplɔ wo yi ɖe abɔ aɖe si woyɔna be Getsemane la me eye wògblɔ na wo be woabɔbɔ nɔ anyi alala ye vie. Esi wonɔ elalam la, ezɔ yi ŋgɔ vie be yeado gbe ɖa.