Matthew 26:48 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yuda ɖo dzesi ɖi na wo eye wògblɔ na wo do ŋgɔ be ame si dim wole lae nye ame si yeado gbe na, eye yeagbugbɔ nu na la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye yomemɔfiala la ɖo dzesi ɖi na wo gblɔ bena: Amesi ƒe nu gbugbɔ ge mala la, eyae, ne mialée kpli.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame si tsɔe de asi la ɖo dzesi aɖe da ɖi na ameawo be: “Ame si ƒe nu magbugbɔ lae nye ame la. Milée.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yuda gblɔ na wo do ŋgɔ be ame si dim wole lae nye ame si yeado gbe na eye yeagbugbɔ nu na la.