Matthew 26:58 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Petro nɔ adzɔge ʋĩi le Yesu yome. Esi wòva ɖo nunɔlagã la ƒe aƒe me la, eto nu xa dzaa ge ɖe aƒea me, eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe subɔlawo dome be yeakpɔ nu si adzɔ ɖe Yesu dzi la ɖa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Petro le eyome ʋĩ gbɔna vaseɖe nunɔlagã ƒe mɔ̃ la gbɔ, eye wòyi ɖe eme, eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe dɔlawo gbɔ, bena yeakpɔ alesi woawu nui.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Petro dze eyome, le adzɔge ʋĩi, zɔ ʋuu va ɖo nunɔlagã la ƒe akpata me. Ege ɖe eme, eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe dzɔlawo gbɔ be yeakpɔ nu si dzɔ la ƒe nuwuwu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Petro hã dze ameawo yome ɖɔɖɔɖɔ va Osɔfogãwo ƒe aƒea me eye wòyi ɖanɔ asrafoawo dome be yeakpɔ nu si adzɔ ɖe Yesu dzi ɖa."