Matthew 26:63 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke Yesu meke nu o. Nunɔlagã la yi edzi gblɔ nɛ be, “Meta Mawu gbagbe la, nenye wòe nye Kristo, Mawu ƒe Vi la la, ekema gblɔe mise fifia.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Yesu zi kpi. Eye nunɔlagã la xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Meta Mawu gbagbe la na wò, be nagblɔe na mí nenye wòe nye Kristo, Mawuvi la!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Yesu zi kpi. Nunɔlagã la gblɔ nɛ be: “Metà Mawu gbagbe la na wò be nàgblɔe na mí, nenye wòe nye Kristo, Mawu Vi la.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke Yesu meke nu o. Osɔfogã la yi edzi gblɔ nɛ be, “Meta Mawu gbagbe la, nenye wòe nye Mesia, Mawu Vi la la, ekema gblɔe míse fifia.”