Matthew 26:7 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi wonɔ nu ɖum la, nyɔnu aɖe va aƒea me kple ami ʋeʋĩ xɔasi aɖe, eye wòʋui tsɔ kɔ ɖe tame na Yesu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
nyɔnua ɖe va egbɔ kple alabastrogui, eye ami, si ƒe asi sẽ ŋutɔ la, le eme, eye wòtsɔe kɔ ɖe ta me nɛ, esi wòle kplɔ ŋuti.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi wònɔ nuɖukplɔ̃ ŋu la, nyɔnu aɖe tsɔ amigoe si wotsɔ kpe tɔxɛ aɖe wɔe, esi me ami ʋeʋẽe xɔasi aɖe le la ɖe asi vɛ, eye wòtrɔ amia kɔ ɖe tame na Yesu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi wonɔ nu ɖum la, nyɔnu aɖe va aƒea me kple amiʋeʋĩ xɔasi aɖe eye wòʋui tsɔ kɔ ɖe tame na Yesu.