Matthew 27:17 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi ameha la ɖi anyi ɖe Pilato ƒe xɔxɔnu le ŋdi ma la, ebia wo be, “Ame ka ŋutie maɖe asi le na mi? Barabas loo alo Yesu, miaƒe Kristo la?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyaŋuti esi woƒo wo ɖokui nu ƒu la, Pilato gblɔ na wo bena: Ameka ŋue mielɔ̃ bena, maɖe asi le na mia? Baraba loo alo Yesu, si woyɔna be Kristo la mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi ameha la ƒo ƒu la, Pilato bia wo be: “Ame ka ŋu miedi be maɖe asi le na mi: [Yesu] Baraba loo, alo Yesu si woyɔna be Kristo la ma hã?”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi ameha la ɖi anyi ɖe Pilato ƒe xɔxɔnu le ŋdi ma la, ebia wo be, “Ame ka ŋutie maɖe asi le na mi? Baraba loo alo Yesu, miaƒe Mesia la?”