Matthew 27:24 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Pilato kpɔ be ameawo ɖo kplikpaa, eye hoowɔwɔ gã aɖe le egɔme dzem la, ena woku tsi ɖe gagbɛ me vɛ nɛ, ale wòklɔ asi le ameha la ƒe ŋkume gblɔ be, “Ame nyui sia ƒe ʋukɔkɔɖi metso gbɔnye o; ke boŋ etso mia gbɔ!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi Pilato kpo bena, wɔwɔa ɖeke megali o, ke zi tɔ hoo boŋ la, etsɔ tsi klɔ asi le ameha la ƒe ŋku me gblɔ bena: Nye la, ʋu sia mele asinye me o; mia ŋutɔwo mikpɔ edzi!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Pilato kpɔ be wɔna aɖeke megali o, ke boŋ zi di be yeatɔ la, etsɔ tsi klɔ asi le ameha la ŋkume gblɔ be: “Nye asi mele ŋutsu sia wuwu me o.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi Pilato kpɔ be ameawo ɖo kplikpaa eye howɔwɔ gã aɖe le egɔme dzem la, edɔ be woaku tsi ɖe gagbɛ me vɛ na ye, ale wòklɔ asi le ameha la ŋkume gblɔ be, “Ame nyui sia ƒe ʋu kɔkɔ ɖi la, metso gbɔnye o; ke boŋ etso mia gbɔ!”