Matthew 27:3 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le ɣeyiɣi sia me la, Yuda, ame si de Yesu asi la, kpɔ be wotso kufia nɛ. Eƒe susu trɔ, eye wòvee vevie be wòwɔ esia, eya ta egbugbɔ ga si wòxɔ le nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo si la yi na wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete esi Yuda, amesi fia eyome mɔ, kpɔ bena, wotso kufia nɛ la, evee, eye wògbugbɔ klosalo, blaetɔ̃ la yi na nunɔlagãwo kple amegãwo gblɔ bena:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Yuda, ame si fia eyome mɔ la kpɔ be wotso kufia na Yesu la, evee, ale wògbugbɔ klosaloga bla etɔ̃ la yi na nunɔlagãwo kple dumegãwo
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le ɣeyiɣi sia me la, Yuda, ame si de Yesu asi la kpɔ be wotso kufia nɛ. Eƒe susu trɔ eye wòvee vevie be wòwɔ esia. Eya ta egbugbɔ ga si wòxɔ le Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo si la yii na wo.