Matthew 28:15 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale asrafoawo xɔ ga la, eye wogblɔ nu si woɖo na wo be woagblɔ la. Nya la kaka ɖe Yudatɔwo dome gbẽe, eye woxɔe se va se ɖe egbegbe gɔ̃ hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye woxɔ klosalo la, eye wowɔ, abe alesi wòfiã mɔnu wo ene; eye nenem nya sia kaka ɖe Yudatɔwo dome vaseɖe egbegbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Togbɔ be dzɔlaawo xɔ ga la hewɔ ɖe nu si wogblɔ na wo la dzi hã la, nya la kaka ɖe Yudatɔwo dome va se ɖe egbe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ale asrafoawo xɔ ga la eye wogblɔ nu si woɖo na wo be woagblɔ la. Nya la kaka ɖe Yudatɔwo dome gbẽe eye woxɔe se va se ɖe egbegbe gɔ̃ hã.