Matthew 28:2 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Kasia anyigba ʋuʋu sesĩe, elabena mawudɔla aɖe si tso Aƒetɔ la gbɔ la ɖi tso dziƒo va mli kpe gã la ɖa, eye wònɔ anyi ɖe edzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye kpɔ ɖa, anyigba ʋuʋu ŋutɔ, elabena Aƒetɔ la ƒe dɔla ɖi tso dziƒo va mli kpe la ɖa le yɔdo la nu, eye wòbɔbɔ no edzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete anyigba ʋuʋu elabe Aƒetɔ ƒe dɔla ɖi tso dziƒo va mli kpea ɖa le yɔdoa nu hebɔbɔ nɔ edzi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Kasia anyigba ʋuʋu sesĩe; elabena mawudɔla aɖe si tso Aƒetɔ la gbɔ la ɖi tso dziƒo va mli kpe gã la ɖa eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe edzi.