Matthew 28:6 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
gake mele afi sia o, elabena etsi tsitre abe ale si wògblɔ da ɖi ene. Miva kpɔ afi si wokɔe mlɔ la ɖa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mele afisia o, elabena etsi tre, abe alesi wògblɔ ɖi ene. Mite va kpɔ afisi wòmia la ɖa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mele afi sia o elabe etsi tsitre, abe ale si wògblɔe ɖi ene. Miva kpɔ afi si wòmlɔ la ɖa.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
gake mele afi sia o. Elabena etsi tre abe ale si wògblɔ da ɖi ene. Miva kpɔ afi si wotsɔe mlɔe la ɖa.