Matthew 3:12 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Elé eƒe lugbɔnu ɖe asi. Akplɔ eƒe lugbɔƒe ƒiaƒiaƒia, alɔ lu la ɖe eƒe ava me. Ke atɔ dzo tsroa kple dzo matsimatsi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
amesi si lugbɔnu le, eye wòakplɔ eƒe lugbɔƒe keŋkeŋ, eye wòaƒo eƒe lu nu ƒu ala ɖe ava me, ke tsroa la, wòatsɔ dzo matsimatsi atɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elé eƒe lugbɔnu ɖe asi. Akplɔ eƒe lugbɔƒe keŋkeŋ, aƒo eƒe lu nu ƒu alɔ ɖe ava me. Ke tsroa ya la, atɔ dzoe kple dzo matsimatsi.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ama ame dzɔdzɔewo ɖa tso ame vɔ̃ɖiwo gbɔ, ke ame vɔ̃ɖiwo la, atsrɔ̃ wo kple dzo mavɔ eye wòadzra ame dzɔdzɔewo ɖo ɖi na agbe mavɔ la.”