Matthew 3:16 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi wòde mawutsi ta nɛ vɔ, eye wònɔ go dom le tsia me la, dziƒo nu ʋu, eye Yesu kpɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ le akpakpa ƒe nɔnɔme me, wònɔ ɖiɖim ɖe edzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi wode mawutsi ta na Yesu vɔ la, edo go tso taa me enumake; eye kpɔ ɖa, dziƒowo ʋu nɛ, eye wokpe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le ɖiɖim abe akpakpa ene va edzi:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi wole mawutsi na Yesu vɔ, eye wòdo go le tsia me teti ko la, dziƒowo nu ʋu [nɛ], eye wòkpɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ le ɖiɖim abe ahɔnɛ ene heva dze ɖe edzi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi wòde mawutsi ta nɛ vɔ eye wònɔ go dom le tsia me la, dziƒo nu ʋu eye Yesu kpɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ, le akpakpa ƒe nɔnɔme me, wònɔ ɖiɖim ɖe edzi.