Matthew 4:25 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ameha gã aɖe ŋutɔ dze eyome, eye afi sia afi si wòto ko la, wonɔ eyome kplikplikpli. Ame siawo tso Galilea nuto me, Yerusalem, Dekapoli kple Yudea godoo, ɖewo gɔ̃ hã tso keke Yɔdan tɔsisi la ƒe go evelia dzi ke.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ameha geɖewo dze eyome tso Galilea kple Dekapoli kple Yerusalem, Yudea kpakple Yordan godo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ameha gã aɖe tso Galilea, Dutaewoawo, Yerusalem, Yudea kple Yordan godo, va dze eyome.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ameha gã aɖe ŋutɔ dze eyome, eye afi sia afi si wòto ko la wonɔ eyome kplikplikpli. Ame siawo tso Galilea nutoa me, Yerusalem, Dekapoli kple Yudea godoo, ɖewo gɔ̃ hã tso keke Yɔdan tɔsisia ƒe go evelia dzi ke.