Matthew 5:17 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Mise eme nyuie be, menye ɖe meva be mate fli ɖe Mose ƒe seawo kple Nyagblɔɖilawo ƒe nuxlɔ̃amenyawo me o. Gbeɖe, menye nu siawo wɔ ge meva o, ke boŋ ɖe meva be mawu seawo nu, eye mafia woƒe nyateƒenyenye.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Migabu xa bena, meva se la alo nyagblɔlawo tu ge o. Nyemeva wo tu ge o, ke boŋ wo nu wu ge meva.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Migabu xaa be meva be maɖe Mose ƒe se la, alo Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe nufiafia ɖa o. Nyemeva be maɖe wo ɖa o, ke boŋ be mawɔ wo woade blibo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
”Mise eme nyuie be, menye ɖe meva bena mate fli ɖe Mose ƒe seawo kple nyagblɔɖilawo ƒe nuxlɔ̃amenyawo me o. Gbeɖe, menye nu siawo wɔ gee meva o, ke boŋ ɖe meva be mawu seawo nu eye mafia woƒe nyateƒenyenye.