Matthew 5:19 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eya ta ne ame aɖe da le se siawo ƒe suetɔ kekeake dzi, eye wòfia amewo hã be woada le edzi la, eyae anye suetɔ kekeake le dziƒofiaɖuƒe la me. Ke ame siwo fiaa Mawu ƒe seawo, eye wowɔna ɖe wo dzi la, woayɔ wo be gã le dziƒofiaɖuƒe la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyaŋuti amesi ke tu nenem se siawo dome suetɔ ɖeka, eye wòfia amewo nenema la, woayɔe be wo katã ƒe suetɔ le dziƒofiaɖuƒe la me; ke amesi ke wɔ edzi, eye wòfia amewo la, woayɔ eyama be gã le dziƒofiaɖuƒe la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale ame sia ame si da seawo dome suetɔ kekeake dzi, eye wòfia ame bubuwo be woawo hã nawɔ nenema la, woayɔe be ame suetɔ le dziƒofiaɖuƒea me. Ke ame sia ame si wɔa se siawo dzi, eye wòfiaa ame bubuwo be woawo hã nawɔ nenema la, woayɔe be amegã le dziƒofiaɖuƒea me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eya ta ne ame aɖe da se siawo ƒe suetɔ kekeake dzi, eye wòfia amewo hã be woada edzi la, eyae anye suetɔ kekeake le dziƒofiaɖuƒe la me. Ke ame siwo fia Mawu ƒe seawo eye wowɔna ɖe wo dzi la, woayɔ wo be gã le dziƒofiaɖuƒe la me.