Matthew 5:25 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Wɔ ɖeka kple wò futɔ si kplɔ wò yina ʋɔnui la kaba esi miegale mɔa dzi ko. Ne menye nenema o la, atsɔ wò ade asi na ʋɔnudrɔ̃la, ʋɔnudrɔ̃la hã atsɔ wò ade asi na asrafomegã, eye woade wò mɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ŋkeke alesi nègale mɔ dzi kple wò ketɔ la, wɔ ɖeka kplii kaba bena, ne wò ketɔ nagava tsɔ wò ade asi na ʋɔnudrɔ̃la, eye vɔnudrɔ̃la nagatsɔ wò ade asi na atikplɔtɔ la, eye woade wò gaxɔ me o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ne ame aɖe sama wò, eye wò kplii miezɔ afɔ ɖeka yina ʋɔnudrɔ̃ƒe la, dze agbagba nàdzra wò kplii dome ɖo le mɔa dzi lali. Ne menye nenem o la, ame si wò kplii miekpe nya la atsɔ wò ade asi na ʋɔnudrɔ̃la, eye ʋɔnudrɔ̃la atsɔ wò ade asi na kpovitɔ, eye eya ade wò gaxɔ me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Wɔ ɖeka kple wò futɔ si kplɔ wò yina ʋɔnui kaba esi miegale mɔa dzi ko. Ne menye nenema o la, atsɔ wò ade asi na ʋɔnudrɔ̃la, ʋɔnudrɔ̃la hã atsɔ wò ade asi na asrafomegã eye woade wò gaxɔ me.