Matthew 5:30 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nenema ke ne wò nuɖusie nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ne nàtsɔ aƒu gbe, elabena enyo be nàbu wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka wu be woatsɔ wò ame blibo la aƒu gbe ɖe dzomavɔ me.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ne wò nuɖusi ɖia nu wò la, lae ɖa le ŋutiwò, eye natsɔe aƒu gbe, elabena enyo na wò be, wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka nagblẽ, wu esi wò ame blibo la katã nagblẽ le dzomavɔʋe la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nenema ke ne wò nuɖusi hea wò dea nuvɔ̃ me la, lãe ɖa le ŋutiwò, elabe ne wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka bu la, enyo na wò wu be woatsɔ wò ameti blibo la aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe me.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nenema ke ne wò nuɖusie nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ne nãtsɔ aƒu gbe. Elabena enyo be nãbu wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka wu be woatsɔ wò ame bliboa aƒu gbe ɖe dzo mavɔ me.