Matthew 7:12 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le nu sia nu me la, nu siwo ke miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nu mawo ke na ame bubuwo hã, elabena esiae nye Se la kple Nyagblɔɖilawo ƒe nufiafia ƒe taƒonya.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyaŋuti nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo; elabena esia enye se la kple nyagblɔɖilawo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Eya ta nu sia nu si miedina be amewo nawɔ na yewo la, miawo hã miwɔ nu ma ke na wo. Esia ko gblɔm Mose ƒe se la kple Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe nufiafia la le.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le nu sia nu me la, nu siwo ke miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nenema ke na ame bubuwo hã elabena esiae nye Se la kple nyagblɔɖilawo ƒe nufiafia ƒe taƒonya