Matthew 7:4 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Aleke wɔ nàgblɔ na nɔviwò be, ‘Na maɖe ati fefi le wò ŋku dzi,’ le esime atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Alo aleke lawɔ nagblɔ na nɔviwò bena: Na mɔm, ne maɖe ali fefee la le wò ŋku me, eye kpɔ ɖa, atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale ke wɔ nàte ŋu agblɔ na nɔviwò be: ‘Taflatsɛ, nà maɖe ati fefee la le ŋkume na wò.’ Evɔ atikpo blibo le wò ya wò ŋku dzi!
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ale ke wɔ nãgblɔ na nɔviwò be, ‘Na maɖe ati fefe le wò ŋku dzi,’ le esime atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi?