Matthew 7:5 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wò, alakpanuwɔla, ɖe atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã, ekema àkpɔ nu nyuie ale be nàte ŋu aɖe ati fefi si le nɔviwò ƒe ŋku dzi la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Alakpatɔ, ɖe atikpo la le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã, hafi nakpɔ nyuie, alesi nawɔ aɖe ati fefee la le nɔviwò ƒe ŋku me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wò, alakpatɔ! Ɖe atikpo si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi la ɖa gbã, ekema àte ŋu akpɔ nu nyuie, be nàɖe ati fefee sue la ɖa le nɔviwò ƒe ŋku dzi.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Wò, alakpanuwɔla, ɖe atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã ekema ãkpɔ nu nyuie ale be nãte ŋu aɖe ati fefe si le nɔviwò ƒe ŋku dzi.