Matthew 8:4 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu yi edzi gblɔ nɛ be, “Kpɔ egbɔ be mègblɔ nu sia na ame aɖeke o, ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò afia nunɔla la, eye nàna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, megagblɔe na amea ɖeke o; ke heyi ɖatsɔ ɖokuiwò fia mawununɔla boŋ, eye natsɔ nunana, si Mose ɖo anyi la, ana, ne wòanye ɖaseɖiɖi na wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu gblɔ nɛ be: “Kpɔ nyuie, mègagblɔ nya aɖeke na ame aɖeke o, ke boŋ yi ɖe nunɔla gbɔ nàtsɔ ɖokuiwò afiae, eye nàna nu siwo Mose ƒe se la bia be woana la, atsɔ afia amewo be ŋutiwò kɔ.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu yi dzi gblɔ nɛ bena, “Mègatɔ be yeaƒo nu na ame aɖeke o, ke boŋ dze mɔ enumake nãyi Osɔfowo gbɔ be woado wò akpɔ, eye ne èyina la tsɔ nunana si Mose ƒe se bia tso anyidɔléla siwo ƒe ŋuti kɔ si la ɖe asi. Esia afia amewo katã be èkpɔ dɔyɔyɔ vavã.”