Matthew 8:9 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Elabena nye ŋutɔ hã menye ame le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye. Meɖea gbe na tenyeviwo be, ‘Miyi afii,’ eye woyina, ‘Miva afii,’ eye wovana, megblɔna na nye dɔla be, ‘Wɔ esi kple ekemɛ,’ eye wòwɔnɛ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena nye hã menye amesi le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye; eye ne megblɔ na ame sia be: Yi! eyina; eye ne megblɔ na ame bubu bena: Va! evana; eye ne megblɔ na ye dɔtsɔla bena: Wɔ esia! ewɔnɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
elabe nye hã mele amegãwo te, eye asrafowo le nye hã tenye. Ne megblɔ na ame sia be, ‘Yi!’ la, eyina, eye ne megblɔ na bubu be, ‘Va!’ la, evana, eye ne megblɔ na nye dɔla be, ‘Wɔ esia!’ la, ewɔnɛ.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Elabena nye hã mele kpɔkplɔ te eye asrafowo le nye hã tenye. Mete ŋu gblɔna na ame sia be, ‘Heyi’, eye wòyina, alo mete ŋu gblɔna na ame kemɛ be, ‘Va,’ eye wòvana. Nenema ke megblɔna na nye subɔvi be, ‘Wɔ nu si kple ekemɛ’ eye wòwɔnɛ.