Matthew 9:24 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu gblɔ be, “Mina ame siawo katã nado go le xɔa me, elabena ɖevi la meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle.” Ame siwo se nya sia la ɖu fewu le eŋu, eye ɖewo hã koe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
egblɔ na wo bena: Mite yi megbe! Elabena nyɔnuvia meku o; ke alɔ̃e wòdo. Eye wokoe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
egblɔ be: “Midzo yi, elabe nyɔnuvia meku o, ke boŋ alɔ̃ dɔm wòle!” Ke ɖeko wokoe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu gblɔ bena, “Mina ame siawo katã nado go le xɔa me, elabena ɖevia meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle.”"Ame siwo se nya sia la, ɖu fewu le eŋu eye ɖewo hã koe.