Matthew 9:33 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe le ame la me, eye wòde asi nuƒoƒo me enumake. Nu sia wɔ nuku na ameha la ŋutɔ, ale wogblɔ na wo nɔewo be, yewomekpɔ esia tɔgbi kpɔ le Israel o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wonyã gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe la, aɖetututɔ la ƒo nu. Eye amehawo ƒe mo wɔ yaa, wogblɔ bena: Womekpɔ nusia tɔgbee le Israel kpɔ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Enya gbɔgbɔ vɔ̃a do goe, eye aɖetututɔa ƒo nu. Amehawo ƒe mo wɔ yaa, eye wogblɔ be: “Míekpɔ esia tɔgbe le Israel kpɔ gbeɖe o.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe le amea me eye wòde asi nuƒoƒo me enumake. Nu sia wɔ nuku na ameha la ŋutɔ ale wogblɔ na wo nɔewo be, womekpɔ esia tɔgbi kpɔ le Israel o.