Micah 2:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne alakpatɔ kple ameblela aɖe va gblɔ be magblɔ nya ɖi be, ‘Wain kple aha nabɔ na mi fũu’ la, eyae nye nyagblɔɖila si tɔgbi ame siawo lɔ̃na.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne amea ɖe le ya yome lelele, eye wòɖa alakpa be: „Magblɔ nya na mi le wein kple aha muame ŋu“ la, eya anye nyagblɔla asɔe na dukɔ sia.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne ame aɖe akplɔ ya ɖo anɔ tsatsam anɔ alakpa dam be: “Magblɔ nya na mi tso wain kple aha sesẽ ŋu” la, eya anye nyagblɔla na dukɔ sia.