Micah 4:13 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Tsi tsitre, O Zion nyɔnuvi, eye nàtugu lu elabena mana wò dzo nanye gayibɔ, wò afɔkli nanye akɔbli eye nàgbã dukɔwo gudugudu.” Kɔ woƒe afunyinu ŋu na Yehowa kple woƒe kesinɔnuwo ŋu na anyigba katã ƒe Aƒetɔ la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Zion-nyɔnuvi, tso nafanya nu! Elabena mana wò dzo nanye gayibɔ, eye wò afɔkli nanye akɔbli, ne nagbã dukɔ geɖewo gudugudu, eye nakɔ aboyonuwo ŋu na Yehowa kple woƒe kesinɔnuwo ŋu na anyigba blibo la dzi Aƒetɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Zion vinyɔnu tso natugu nu, elabe mawɔ wò dzo wòanye ga yibɔ, eye wò afɔkli nanye akɔbli. Miagbã dukɔ geɖewo gudugudu, eye miakɔ̀ woƒe viɖenuwo ŋu na Aƒetɔ, miatsɔ woƒe kesinɔnuwo na xexeme blibo ƒe Aƒetɔ la.