Micah 7:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woƒe asi eveawo bi ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me. Dziɖula xɔa zãnu eye ʋɔnudrɔ̃la tsoa afia na ame si na zãnue. Kesinɔtɔwo ɖoa nu si dim wole; ale ame siawo blaa nu ɖekae hewɔna.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Vɔ̃ɖiwɔwɔ sɔ alɔ me na wo; amegã dia nu, ʋɔnudrɔ̃la drɔ̃a ʋɔuu le fetu ta, eye dumegãwo gblɔa nusi le wo dzrom; ale woblua afɔ na nya.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woda asi ɖe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ dzi, eye wowɔnɛ nyuie. Amegãwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo biaa zãnu. Dumegã gblɔa nya vɔ̃ɖi si dzroe la. Ale wosɔa nu ɖe vɔ̃wɔwɔ ŋu.