Micah 7:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi meda vo ɖe Yehowa ŋuti ta la mabɔbɔ ɖe eƒe dɔmedzoe te va se ɖe esime wòadrɔ̃ nye nya eye wòatso afia nam, ekema akplɔm va kekeli me eye makpɔ eƒe dzɔdzɔenyenye.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mado dzi atsɔ Yehowa ƒe dziku, elabena mewɔ nuvɔ̃ ɖe eŋu, vaseɖe esime wòadrɔ̃ nye nya ahatso nam; akplɔm aɖo ɖe kekeli nu, eye makpɔ eƒe dzɔdzɔenyenye kple ŋku.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mado dzi atsɔ Aƒetɔ ƒe dziku, elabe mewɔ vɔ̃ ɖe eŋu, va se ɖe esime wòaʋli tanye, atso afia nam. Akplɔm ado ɖe kekeli nu, eye makpɔ eƒe ɖeɖe.